Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 18:3 - Agbenya La

3 elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 18:3
17 Referans Kwoze  

Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.”


Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”


“Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ.


Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me; ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.


Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa.


Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la, zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo. Ame siwo ta ago veviwo tsã la, mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia.


“Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe.


Ame siwo nèwɔ dɔ sesẽwo kpli, eye nèzɔ mɔ geɖewo kpli wo tso wò ɖevime ke la, esia koe nye nu si woate ŋu awɔ na wò. Ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ le vodada me, eye ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si aɖe wò o.”


Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoea? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo, eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔa wo le.


Esiawo katã va eme ɖe gbolo ɖeka ƒe gbolowɔwɔ vivivo ta. Ame si ble afakalawo ƒe amegã nu, eye wòdo kluvi dukɔwo kple eƒe gbolowɔwɔ hebla amewo kple eƒe adzewɔwɔ.


Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃.


Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.


Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be, “ ‘Baba! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite