Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 17:2 - Agbenya La

2 Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzitɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe wain mu.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 17:2
14 Referans Kwoze  

Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”


elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.”


Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa.


“Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ.


Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me; ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.


elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.


Esi nèlé nye sedede me ɖe asi be nànɔ te le dzigbɔɖi me ta la, nye hã maɖe wò le dodokpɔ ƒe gaƒoƒo si gbɔna xexea me katã dzi, be woado anyigbadzinɔlawo kpɔ la me.


Taɖodzinu ɖeka le wo si, eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la.


Esiawo katã va eme ɖe gbolo ɖeka ƒe gbolowɔwɔ vivivo ta. Ame si ble afakalawo ƒe amegã nu, eye wòdo kluvi dukɔwo kple eƒe gbolowɔwɔ hebla amewo kple eƒe adzewɔwɔ.


eye wògblɔ nɛ be, “Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”


eya ta matsɔe aƒu fukpekpe ƒe aba dzi, eye mana be ame siwo wɔ ahasi kplii la nakpe fu vevie, dzaa ɖe wòtrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi.


Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.


Woŋlɔ ŋkɔ si nye nya ɣaɣla la ɖe eƒe ŋgonu be: Babilonia gã la, gbolowo kple anyigbadziŋunyɔnuwo dada.


Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite