Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 15:2 - Agbenya La

2 Azɔ la, mekpɔ nane si le abe atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la, eye ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒu la to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahũhɔ̃e, si me bia hẽ abe dzo ene la ene; eye amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la, le tsitre de atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la nu, eye Mawu ƒe saŋkuwo le wo si.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 15:2
14 Referans Kwoze  

Nane si le abe atsiaƒu ene, esi me kɔ abe kristalokpe ene la hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nu gbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la, eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa.


Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,


Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋgɔ. Kasaŋku nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye sikagba si yɔ fũu kple dzudzɔʋeʋĩdonu siwo nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa la hã nɔ woƒe asi me.


Wotsɔ yaspakpe xɔasi ɖo gli lae, eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du lae.


Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse si xɔ asi wu sika si gblẽna, evɔ wololõe le dzo me hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia.


“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi.


Le ŋusẽ si wonae be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi, eye wògale agbe la ŋu ene.


Nɔvi veviwo, migana fuwɔame ƒe dodokpɔ si me tom miele la nawɔ nuku na mi abe nane si medzɔ kpɔ o lae le mia dzi vam ene o.


Ale ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe atsiaƒu la to. Tete mekpɔ lã wɔadã aɖe wòdo go tso atsiaƒu me gbɔna. Eto dzo ewo kple ta adre; fiakuku ewo nɔ dzoawo dzi, eye woŋlɔ busuŋkɔwo ɖe ta adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.


ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ɖe wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ la hafi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite