Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 13:3 - Agbenya La

3 Edze abe lã wɔadã la ƒe tawo dometɔ ɖeka ɖe wòxɔ abi vevie ene, gake abi gã si wòxɔ la ku. Xexea me katã ƒe nu ku, eye wodze lã wɔadã la yome.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la ne wòku; eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 13:3
15 Referans Kwoze  

Lã si nèkpɔ la nɔ anyi tsã, gake megali fifia o, eye ado tso ʋe globo la me ayi eƒe tsɔtsrɔ̃ la me. Anyigbadzitɔ siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me o la ƒe mo awɔ yaa ne wokpɔ lã la, elabena enɔ anyi tsã, ke megali fifia o, gake agatrɔ ava.


Le ŋusẽ si wonae be wòawɔ nukunuwo ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe ta la, eble anyigbadzitɔwo katã. Ede se na wo be woali legba abe bubudede lã wɔadã si ŋu wode abi kple yi, eye wògale agbe la ŋu ene.


elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.


Wo ame atɔ̃ dze anyi, ɖeka li fifia, eye ɖeka mekpɔ va haɖe o. Ke ne eva la, anɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.


Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene.


Taɖodzinu ɖeka le wo si, eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la.


Ewɔ lã wɔadã gbãtɔ ƒe dziɖuɖuŋusẽwo katã ŋu dɔ ɖe lã wɔadã gbãtɔ teƒe, eye wòna be anyigba kple edzinɔlawo katã nasubɔ lã wɔadã gbãtɔ, ame si ƒe kubi wowɔ wòku la.


Nukutɔe la, Simɔn, afakala la ŋutɔ hã xɔ mawunya dzi se, ale wode mawutsi ta nɛ. Le esia megbe la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli yia afi sia afi si wòyina la, eye nukunu siwo katã Filipo wɔ la na be eƒe nu ku ŋutɔ.


Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me.


Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.


Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!”


Lã si nɔ anyi kpɔ, eye megali fifia o lae nye fia enyilia. Enye fia adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite