Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 12:8 - Agbenya La

8 Ke ʋɔ driba la ƒe ŋusẽ metri akɔ o, ale wobu woƒe nɔƒe le dziƒo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 12:8
18 Referans Kwoze  

Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o.


Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,


Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.


Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi.


be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.”


Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


“Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke, gake womeɖu dzinye o.


Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.


Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o.


Gake ne wohoe le enɔƒe la, teƒe la gbea nu le egbɔ eye wògblɔna be, ‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’


Magatrɔ ava eƒe aƒe me akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magadze sii o.


Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Maikel kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo.


Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.


Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite