Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 12:2 - Agbenya La

2 Fu nɔ eƒo, eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye fu le eƒo, eye wòle ɣli dom le fuɖuame ŋuti, eye vidzidzi nye do nɛ.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 12:2
12 Referans Kwoze  

Eƒe asike kplɔ ɣletivi siwo le dziŋgɔli ŋu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka, eye wòhe wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ʋɔ driba la nɔ tsitre ɖe nyɔnu si nɔ ku lém la ŋkume, eye wòle klalo be yeavuvu vidzĩ si nyɔnu la adzi la.


Vinye lɔlɔ̃awo, megale veve sem ɖe mia nu abe funɔ si le ku lém la ene va se ɖe esime Kristo ƒe gbɔgbɔ ayɔ mia me mlɔeba.


Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve, gake ne edzi vi ko la, eŋlɔa vevesese la be, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi vi ɖe xexea me.


Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.”


Mawu aɖe asi le Israel ŋuti na eƒe futɔwo va se ɖe esime nyɔnu si fu le ɖuɖum la nadzi vi; eye Israelvi siwo susɔ ɖe aboyo me la natrɔ gbɔ akpe ɖe wo nɔviwo ŋuti anɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


Ne eƒe luʋɔ kpe fu vɔ la, akpɔ agbe ƒe kekeli, eye eƒe dzi adze eme; to enyanya me, nye dɔla dzɔdzɔe atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe nu vɔ̃wo te,


“Tso aseye, o konɔ, wò ame si medzi vi kpɔ o. Wò ame si melé ku kpɔ o. Dzi ha nàdo dzidzɔɣli, elabena nyɔnu si tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.” Yehowae gblɔe.


Abe ale si nyɔnu si le ku lém la ŋena hedoa ɣli le vevesese ta ene la, nenema kee míele le ŋkuwò me, O! Yehowa.


Se hoowɔwɔ ma si tso dua me kple ɣli si le ɖiɖim tso gbedoxɔ me la ɖa. Gbeɖiɖi la nye Yehowa ƒe gbe. Ele fetu si dze na eƒe futɔwo la xem na wo.


Azɔ nu ka ta nèle avi fam eye ɖe fia aɖeke mele asiwò oa? Afi ka wò fia si wòle be wòakplɔ wò la to? Ɖe wò aɖaŋuɖolawo ku hafi nèle ŋeŋem abe nyɔnu si le ku lém la enea?


Ke esiawo katã anye nu siwo do ŋgɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite