Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 12:12 - Agbenya La

12 eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me la! Ke baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie, elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 12:12
18 Referans Kwoze  

Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”


Mido dzidzɔɣli, o mi dziƒowo! O! Anyigba netso aseye. Mido ha ɖa kple dzidzɔ. O, mi towo! Elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na ame siwo ŋu wode abie.


“O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi Mawu ƒe amewo apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.”


eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam be, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o!


Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la.


Vɔ̃ gbãtɔ nu va yi, eye vɔ̃ eve bubuwo le mɔ dzi gbɔna.


Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me.”


Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.


Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.


Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, “Ame si gbɔna la ava ɖo, eye matsi megbe o.


“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”


O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.


Wotsɔ ʋɔ driba gã la, da xoxo si woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃ alo Abosam, ame si kplɔ xexea me katã trae la ƒu gbe. Wotsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyigba.


Eke eƒe nu be yeagblɔ busunya ɖe Mawu ŋu, eye yeaƒo ɖi eƒe ŋkɔ, eƒe nɔƒe kple ame siwo katã li kplii le dziƒo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite