Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 11:5 - Agbenya La

5 Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nu vevi wo la, dzo dona le woƒe nu me hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nu vevi wo la akue.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye ne amea ɖe ɖi be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 11:5
13 Referans Kwoze  

Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la, mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me eye dukɔ la anye nake si wòabi.”


Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,


gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me, eye wòatso afia na anyigbadzihiãtɔwo ɖe eteƒe. Atsɔ eƒe numetikplɔ aƒo anyigba la, eye wòatsɔ eƒe numegbɔgbɔ atsrɔ̃ ŋutasẽlawoe.


Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, “Esi wòde bubu ŋutinye, eye wòdɔm ɖe dukɔ siwo ha mi ŋuti, elabena ame si ka asi mia ŋuti la, ka asi eƒe gadaglamakui ŋuti.


Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”


Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.


Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa? “Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ”


Ŋutega si mekpɔ la ɖi ŋutega si mekpɔ esi wòva be yeagbã du la kple ŋutega si mekpɔ le Kebar tɔsisi la to. Tete metsyɔ mo anyi.


Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽe abe dzo ene; ɖewo nye blɔ, eye ɖewo hã ɖi aŋuti ɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta, eye dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me.


Ewɔ dzesi kple nukunu gãwo, eye wòna be dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo va dze anyi le amewo ƒe ŋkume.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite