Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:3 - Agbenya La

3 eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wòdo ɣli kple gbe gãa ɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:3
16 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔ nam nye esi, “Abe ale si dzata alo dzatavi tea gbee ne elé nu, eye togbɔ be woyɔa alẽkplɔlawo ƒe ha katã ɖe eŋu, gake woƒe ɣlidodo medoa ŋɔdzi nɛ o, woƒe hoowɔwɔ hã meɖia naneke nɛ o ene la, nenema kee Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, aɖi va anyi ne wòawɔ aʋa le Zion to la kple eƒe to kɔkɔwo dzi.


Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.


Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.”


Yehowa aɖe gbe tso Zion eye eƒe gbe aɖi tso Yerusalem eye dziƒo kple anyigba ade asi ʋuʋu me. Ke Yehowa anye sitsoƒe na eƒe amewo kple mɔ sesẽ na eƒe dukɔ Israel.


Eye mekpɔ dzesi gã wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo, elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe nu le.


Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene.


Emegbe la, mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wòtsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.


Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o.


“Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be, “Yehowa aɖe gbe tso dziƒo eye aɖe gbe tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Ate gbe sesĩe ɖe eƒe anyigba ŋuti. Ado ɣli abe ame siwo le waintsetse fiam la ene eye ado ɣli ɖe anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.


Yehowa ado abe kalẽtɔ ene. Ade dzo eɖokui me abe aʋawɔla ene. Atsɔ eƒe gbe ado aʋaɣli, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi.


Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene, eye woɖea gbe abe dzataviwo ene. Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae, ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.


Fia ƒe dziku le abe dzata ƒe gbetete ene, ke eƒe amenuveve le abe zãmu le gbedzi ene.


Tete nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo,


Yehowa ƒe gbe ɖi le tsiwo dzi; Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe gbe, eye Yehowa ɖe gbe le tsi gãwo dzi.


Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene.


Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa. Aɖe gbe abe dzata ene. Ne eɖe gbe la, viawo atrɔ agbɔ kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite