Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:10 - Agbenya La

10 Mexɔ agbalẽ sue la le mawudɔla la si, eye meɖui. Evivi le nye nu me abe anyitsi ene, ke esi meɖui vɔ la, etrɔ zu nu veve le nye dɔ me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye mexɔ agbalẽvi fa le mawudɔla la si, eye memii, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene, eye enumake esi meɖui la, eɖu dɔme nam.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:10
9 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene.


Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo.


Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ, eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ!


Nye ŋugbledede nedze eŋu, esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me.


Woxɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ; wovivina wu anyitsi kple anyitsi si woɖe le anyito me.


Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye


Wokekee ɖe nye ŋkume. Woŋlɔ konyifanyawo, vevesenyawo kple nublanuinyawo ɖe agbalẽ la ƒe akpa eveawo.


Ale meyi ɖe mawudɔla la gbɔ, eye mebiae be wòatsɔ agbalẽ sue la nam. Egblɔ nam be, “Xɔe, eye nàɖui. Atrɔ azu nu veve le wò dɔ me, gake le wò nu me ya la, avivi abe anyitsi ene.”


Eyi edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nàgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite