Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 1:15 - Agbenya La

15 Eƒe afɔwo biã hẽe abe akɔbli si wode kpodzo me ene, eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 1:15
11 Referans Kwoze  

eye mekpɔ Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe wògbɔna tso ɣedzeƒe. Eƒe gbe ɖi tɔsisiwo ƒe hoowɔwɔ, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la nɔ keklẽm.


Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene.


Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene.


Tete mese nu si ɖi abe ameha gã aɖe ƒe gbe ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe sisi ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe sesẽ aɖe ene be, “Haleluya! Elabena míaƒe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ lae le dzi ɖum.


“Ŋlɔ agbalẽ na Tiatira hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene.


Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe, ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃, Yehowa le dziƒo tri akɔ.


Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene.


Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi.


Togbɔ be ameawo le hoo wɔm abe tsi sesẽwo ƒe hoowɔwɔ ene hã la, ne èblu ɖe wo ta la, wosina yia megbe ke. Èɖe wo ɖe ŋu abe gbe ƒuƒuwo le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo.


Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Lilikpo nye awu ʋlaya wòdo, eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite