Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:35 - Agbenya La

35 Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye esi wole woƒe fiaɖuƒe me kple wò kesinɔnu gbogbo, siwo nètsɔ na wo dome, eye wole anyigba nyadri wɔnu, si nètsɔ na wo dzi hã la, womesubɔ wò o, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me o.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:35
11 Referans Kwoze  

Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta,


Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’


Wò amewo xɔ du gã siwo woglã la kple agbledenyigba nyuiwo. Woxɔ aƒe geɖe siwo me nu nyuiwo abe vudo, waingblewo, amitivewo kple kutsetseti geɖewo ene la le. Ale woɖu nu ɖi ƒo, eye wò yayrawo sɔ gbɔ ɖe wo dzi.


eye dzɔgbevɔ̃e gãwo dzɔ ɖe wo dzi la, ekema ha sia aɖo ŋku nu si he dzɔgbevɔ̃e va wo dzii la dzi na wo. Ha sia anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime. Menya dukɔ si tɔgbi wonye xoxo, hafi woava ɖo anyigba la dzi gɔ̃ hã.”


Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o.


Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe dɔmenyo, Yehowa ƒe nu siwo wòwɔ na mí, esiwo ta wòle be woakafui ɖo. Ɛ̃, kpe ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na Israel ƒe aƒe la ŋu, le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo gbogboawo ta la,


Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii.


Ke le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la, edze aglã ɖe nye sewo kple ɖoɖowo ŋu wu ale si dukɔ kple anyigba siwo ƒo xlãe la wɔ. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite