Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:28 - Agbenya La

28 “Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me!

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Ke esi wonya kpɔ gbɔdzɔe ko la, wogawɔ nu vɔ̃ɖi le ŋkuwò me; tete nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wonyã avuzi le wo dzi; emegbe wogado ɣli na wò, eye nèsee le dziƒo heɖe wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu zi geɖewo.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:28
12 Referans Kwoze  

“Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la, na be woanɔ abe ɣe ene ne edze le eƒe ŋusẽ me!” Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene.


ekema se woƒe gbedodoɖa tso dziƒo, wò nɔƒe, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo eye nàkpe ɖe ame sia ame si ʋu eƒe nu vɔ̃ me na wò le nyateƒe me la ŋu elabena ènya ame siawo ƒe dzi me.


Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, le Ehud ƒe ku megbe


Ale Israel ɖu Moab dzi gbe ma gbe, eye ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaenyi sɔŋ.


Bi kɔ tso dziƒo, eye nàkpɔ nu tso wò ŋutikɔkɔefiazikpui kɔkɔ la dzi. Afi ka wò ŋuʋaʋã kple ŋusẽ la le? Woɣla wò bɔbɔenyenye kple wò dɔmetɔtrɔ ɖe mí,


Eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, elabena eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.


Ke ne Ʋɔnudrɔ̃la ma ku la, ameawo galéa mɔ siwo vɔ̃ɖi wu wo fofowo tɔ la tsɔna, eye wodzea mawu bubuwo yome, dea ta agu na wo hesubɔa wo. Wogbe be yewomaɖe asi le woƒe nuwɔna kple mɔ vɔ̃ɖiwo ŋuti o.


Woƒe futɔwo te wo ɖe to, eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite