Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 6:9 - Agbenya La

9 Wo katã wole agbagba dzem be woado ŋɔdzi na mí hesusu be, “Woƒe alɔwo ado agblɔ le dɔ la ŋu, eye womate ŋu awu enu o.” Ke medo gbe ɖa be, “Do ŋusẽ nye alɔwo azɔ.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena wo katã le didim be, yewoado ŋɔdzi na mí hele susum be, woƒe asiwo ado agblɔ de dɔ la ŋu, eye womawu nu o. Eyata do ŋusẽ nye asiwo!

Gade chapit la Kopi




Nehemia 6:9
23 Referans Kwoze  

Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam, hedo ŋusẽ nye dzi.


Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.


Eya ta mido ŋusẽ miaƒe abɔ siwo gbɔdzɔ kple miaƒe klo beliwo.


Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.


Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi,


Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye.


eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.


Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.


Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la.


Tete dumegãwo gblɔ na fia la be, “Ŋutsu sia dze na ku. Ele dzi ɖem le ƒo na aʋakɔ la kple ame siwo susɔ ɖe du sia me to nya siwo gblɔm wòle na wo me. Ŋutsu sia mele woƒe nyui dim o, negbe woƒe gbegblẽ.”


Ke mi Yuda ƒe viwo la, milé dɔ nyui si wɔm miele la me ɖe asi eye migana dzi naɖe le mia ƒo o elabena fetu li na mi.”


O! Yehowa, mewòe mebe ɖo, mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.


Maka ɖe dziwò ne vɔvɔ̃ ɖom.


Medo gbe ɖa be, “O! Nye Mawu, mègaŋlɔ Tobia, Sanbalat, Noaɖia, nyagblɔɖila la kple nyagblɔɖila bubu siwo katã dze agbagba be yewoado ŋɔdzi nam la ƒe nu vɔ̃wo be o.”


O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ kple ŋutete eƒe dukɔ la. Woakafu Mawu!


Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo.


Mado ŋusẽ wo le Yehowa me, eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.” Yehowae gblɔe.


Woƒe aƒelikawo kpe ɖe wo ŋu kple klosalo kple sikanuwo, nunɔamesiwo, lãhawo kple nunana xɔasi bubuwo, hekpe ɖe lɔlɔ̃nununana bubuwo katã ŋu.


Mado ŋusẽ Babilonia fia ƒe abɔwo, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ, ke maŋe Farao ƒe abɔwo, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ame si ŋu wode kubi ene.


Ena ŋusẽ ame siwo ŋu ɖeɖi te, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo gbɔdzɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite