Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 5:4 - Agbenya La

4 Ame bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Ele na mí be míado ga axe adzɔgae na fia la ɖe míaƒe agblewo kple waingblewo ta.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye ame bubuwo gblɔ bena: Míetsɔ míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo ɖo awɔba, bena míate ŋu adzɔ nu na fia la.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 5:4
9 Referans Kwoze  

Gawu la, fia la nenya be ne wogbugbɔ du sia tso, ɖɔ eƒe gliwo ɖo la, ekema woagbe adzɔhowo, nudzɔdzɔwo kple mɔtahowo xexe, eye fiasã la ƒe gakotoku aɖi gbɔlo.


Fia siwo ɖo ŋusẽ geɖe la nɔ Yerusalem kpɔ, eye woɖu anyigba siwo katã le Frat tɔsisi la godo dzi, woxea nudzɔdzɔ, adzɔhowo kple mɔtahowo na wo.


Anyigba sia dzi nuku nyuiwo va yi fia siwo nèna woɖu mía dzi le míaƒe nu vɔ̃wo ta la ƒe asime. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã kple míaƒe lãwo dzi. Míesubɔa wo abe ale si wodi ene, eye míezu nublanuitɔ gãwo.”


Minyae hã be miekpɔ mɔ aɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho nunɔlawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedoxɔŋudzɔlawo alo dɔ bubu aɖe wɔla si le Mawu ƒe aƒe sia me la dzi o.


Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo, ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene.


Womenya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la ɖa le anyigba la dzi o, ale wogale Efraim ƒe viwo dome abe kluviwo ene.


Bubuwo hã le gbɔgblɔm be, “Míetsɔ míaƒe agblewo, waingblewo kple míaƒe aƒewo ɖo awɔbae be míaxɔ bli le dɔŋɔli sia.”


Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite