Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:8 - Agbenya La

8 Uziel, Harhaia ƒe vi si nye sikaɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka la hã wɔ dɔ le gliawo ŋu. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hananiya, amiʋeʋĩwɔla aɖe. Woɖɔ gli la ɖo tso Yerusalem va se ɖe keke Gli Gbadza la gbɔ ke.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Uziel, Xarhaya vi, amesi tso sikanutulawo dome la, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, eye Xananya, amesi tso ami ʋeʋẽe ɖalawo dome la, kpe de eŋu glia ɖoɖo me; eye wodra Yerusalem ɖe enu vaseɖe gli keke la gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:8
6 Referans Kwoze  

Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ,


Wo dometɔ aɖewo dudua sika le woƒe kotokuwo me ɖe anyigba, eye wodaa klosalo le nudanu me. Woyɔa sikanutula be wòatsɔe awɔ mawue na wo, eye wodea ta agu hesubɔnɛ.


Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me.


Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.”


Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite