Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:25 - Agbenya La

25 eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Palal, Uzai vi, ɖɔe ɖo le tɔtrɔƒe la kple xɔ tsrala dzigbetɔ, si le fiasã ŋu le gãxɔ ƒe xɔxɔnu la kasa; eye Pedaya, Paros vi, dze eyome.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:25
12 Referans Kwoze  

Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me.


Tete fia Zedekia ɖe gbe be, woatsɔ Yeremia ada ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu eye woatsɔ abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime abolo vɔ le dua me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Esi Yeremia gale ga me ko le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la, Yehowa ƒe nya va nɛ zi evelia be,


heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.


Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172).


Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.


Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’ Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me, hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ.


Agbalẽfiala Ezra de agba kɔkɔ aɖe si wowɔ kple ʋuƒo hena ŋkekea la dzi. Matitia, Sema, Anaya, Uria, Hilkia kple Maaseya, wonɔ tsitsre ɖe eƒe ɖusime, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Hasum, Hasbadana, Zekaria kple Mesulam wonɔ tsitre ɖe eƒe miame.


Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172).


Eye wohee kple ka do goe le vudo la me. Ale Yeremia tsi dzɔlawo ƒe xɔxɔnu.


Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite