Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:14 - Agbenya La

14 Malkiya, Rekab ƒe vi, ame si nye Bet Hakerem dziɖula la gbugbɔ Aɖukpogbo la tu, de ʋɔtruwo enu, eye wòde ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo ʋɔtruawo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Malkiya, Rexab vi, si nye amegã le weingblenutowo me la, ɖɔ akɔligbo la ɖo; ewu enu, eye wode agbo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo enu.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:14
9 Referans Kwoze  

“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo! Misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa! Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem! Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.


Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa.


Tso afi sia la, Refaya si nye Hur ƒe vi, ame si nye Yerusalem nuto la ƒe afã dziɖula la ɖo gli la ƒe akpa aɖe.


Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ.


Azɔ la, ŋutsu eve nɔ Saul ƒe viŋutsu si eye wonye adzohawo nunɔlawo. Ɖeka ŋkɔe nye Baana eye evelia ŋkɔe nye Rekab. Wonye Rimon, Beerot tɔ, ame si tso Banyamin to la me la ƒe viwo. Wobua Beerot abe Benyamin ƒe akpa aɖe ene


Mikael, Baaseia, Malkiya,


Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite