Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:13 - Agbenya La

13 Ame siwo gbugbɔ Balimegbo la ɖɔɖola woe nye Hanun kple Zanoatɔwo. Wode agbomedegawo kple ʋɔmedegawo eŋu. Azɔ la, wogbugbɔ gli la ƒe akpa si ƒe didime anɔ abe mita alafa ene blaatɔ̃ ene la tu va se ɖe Aɖukpogbo la nu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Xanun kple Zanoaxtɔwo ɖɔ balimegbo la do; wowu enu, eye woɖe ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo enu; eye woɖo glia vaseɖe akɔligbo la gbɔ wole abɔklugui akpe ɖeka.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:13
7 Referans Kwoze  

Le zã me la, míedo go to Balimegbo la me ɖo ta Yakal ƒe Vudo la gbɔ, heyi Aɖukpogbo la gbɔ be míakpɔ gli gbagbãwo kple agbo siwo wotɔ dzoe la ɖa.


Zanoa, En Ganim, Tapua, Enam,


Zanoa, Adulam kple woƒe kɔƒewo, Lakis kple eƒe agblewo kpakple Azeka kple eƒe duwo. Ale ameawo ƒe nɔƒe tso Beerseba va yi Hinom balime la to.


Etu xɔ tsralawo ɖe Yerusalem le Dzigbegbo kple Balimegbo la nu kple afi si gli la glɔ̃ mɔ le eye wòglã wo.


Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo.


Yezreel, Yokdeam, Zanoah,


eya ta meto balime la le zã me henɔ ŋku lém ɖe gli la ŋu. Mlɔeba la, metrɔ gava to Balimegbo la me heva aƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite