Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:11 - Agbenya La

11 Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Milkiya, Xarim vi, kple Xasub, Paxat-Moab vi, woɖo gli la ƒe akpa evelia, eye wotu kpoxɔ tsrala la.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:11
10 Referans Kwoze  

Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ,


Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812).


Dukɔ la ƒe kplɔla siwo de asi ete la woe nye: Paros, Pahat Moab, Elam, Zatu, Bani,


Harim, Meremot, Obadia,


Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818).


Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me: Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve (200) siwo kpe ɖe eŋu la;


Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon,


Le eya megbe la, Yedaia, Harumaf ƒe vi ɖɔ gli si dze ŋgɔ eƒe aƒe la ɖo. Ame si wɔ dɔ kplɔe ɖo lae nye Hatus, Hasabnia ƒe vi.


Mizɔ Zion to la ŋu godoo, mizɔ ƒo xlãe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo,


Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite