Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:17 - Agbenya La

17 Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete meka mo na Yuda-bubumewo gblɔ na wo bena: Nu gbegblẽ ka nye esi wɔm miele hele kɔ gblẽm do na dzudzɔgbe la?

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:17
14 Referans Kwoze  

Meka mo na kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miegblẽ gbedoxɔ la ɖi ɖo?” Meyɔ Levitɔwo vɛ, eye mena wogade asi woƒe dɔwo wɔwɔ me.


Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o.


Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.


Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ


Gblɔ na fia la kple fiasrɔ̃ la be, “Miɖi le miaƒe fiazikpuiwo dzi elabena miaƒe atsyɔ̃fiakukuwo age le ta na mi.”


Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo; woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.” Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa eye wotu kɔsasawo.


Mise Yehowa ƒe nya, mi Sodom dziɖulawo, milé fɔ ɖe míaƒe Mawu la ƒe se la ŋu, mi Gomoratɔwo!


Ame siwo gbe nu le sea gbɔ la kafua ame vɔ̃ɖiwo ke sedziwɔlawo tsia tsitre ɖe wo ŋu.


Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo.


Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi.


“ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.


“ ‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite