15 Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti.
15 Le ɣemaɣi mekpɔ be, amea ɖewo fiã wein le dzudzɔgbe le, wotsɔ lubablawo va aƒee, eye wotsɔ wein, weintsetse kple gbotitsetse kpakple agba vovovowo do agbae na tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete mexlɔ̃ nu wo le gbesigbe wole nuɖuɖuawo dzram.
“Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me.
ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi.
“Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la,
“ ‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la.
Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”
Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la,
“Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko. Ŋkeke adrelia nye dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔe si ŋu dɔ miawɔ asubɔ Yehowa. Ele na ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke ma dzi la be wòaku.
Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.
Esia hã nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be ame aɖeke magaba nɔvia, axɔ srɔ̃a le esi gbeɖegbeɖe o, elabena Aƒetɔ la ahe to na mi nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe nu vɔ̃ sia ta, abe ale si míegblɔe na mi kple ɖokuibɔbɔ va yi la ene.
Azɔ la, mele esia gblɔm na mi, eye mele gbe tem ɖe edzi le Aƒetɔ la me be miaganɔ agbe azɔ abe ame siwo menye Yudatɔwo ene le woƒe tamesusu ƒe dzodzronyenye me o.
Mi ame siwo le gbɔgblɔm be, “Gbe ka gbe dzinu yeye nu le yiyi ge ne míadzra bli, eye Dzudzɔgbe nu le yiyi ge ne míaʋu avawo nu?” Míatsɔ nudanu suewo kple nudzidzenu miamiawo anɔ ame bamii.
Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, elabena ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ hena dzudzɔ, eye wòle kɔkɔe na nye Yehowa. Se sia nye nubabla mavɔ, eye wòle be Israelviwo nawɔ edzi.