Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 12:39 - Agbenya La

39 heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Wole Efrayim-gbo, ɖu xoxo la ƒe egbe kple tɔmelãgbo le la me va to xɔ tsrala Xananeel kple xɔ tsrala Mea ŋu vaseɖe alẽgbo la gbɔ, eye wotɔ ɖe gaxɔgbo la gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 12:39
12 Referans Kwoze  

Eliasib, nunɔlagã la kple nunɔla bubuwo gbugbɔ Alẽgbo la ƒe sɔtiwo tu, eye wode ʋɔtruwo eŋu nyuie hekɔ eŋuti tso Alafa ɖeka mɔ la gbɔ va se ɖe Hananel mɔ la gbɔ.


Ale ameawo yi ɖatso atilɔawo hetu agbadɔwo ɖe gbadzaƒewo le xɔwo tame, ɖe xɔxɔnuwo, gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu, ɖe gbadzaƒe si le Tsigbo la ŋgɔ kple ɖe gbadzaƒe si le Efraimgbo la ŋgɔ.


Yoiada, Pasea ƒe vi kple Mesulam, Besodeia ƒe vi wodzra Agbo Xoxo la ɖo. Wotu atiawo, de ʋɔtruawo agbo la nu, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo.


Hasenaa ƒe viwo ɖo Tɔmelãgbo la. Wolã xɔtutiwo, de ʋɔtruawo, eye wode ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu.


eye Palal, Uzai ƒe vi, ɖoe tso dzogoe la dzi yi ɖatɔ fia la ƒe mɔ ƒe xɔ kɔkɔtɔ gbɔ le gaxɔ la ƒe gɔmeɖokpe gbɔ, eye Pedaya, Paros ƒe vi kplɔe ɖo.


Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas yi Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene (180).


Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe.


Yehowa be: “Le ŋkeke ma dzi la, avifafa aɖi tso Tɔmelãgbo la nu, asiƒunu aɖi tso dua ƒe akpa evelia, eye howɔwɔ gã aɖe aɖi tso togbɛwo dzi.


Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me.


Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu.


Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite