Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 11:3 - Agbenya La

3 Kplɔla aɖewo tso du bubuwo me va Yerusalem, ke Israelvi aɖewo, nunɔlawo, Levitɔwo, gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe dɔwɔlawo ƒe dzidzimeviwo dometɔ geɖewo ganɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me le du vovovowo me le Yuda,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Anyigba dzikpɔla, siwo nɔ Yerusalem la, wonye si: ke Israel, nunɔlawo Lewi-viwo, gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple Salomo ƒe dɔlawo ƒe viwo nɔ Yuda-duwo me, amesiame nɔ eƒe anyigba dzi le eƒe du me —

Gade chapit la Kopi




Nehemia 11:3
14 Referans Kwoze  

Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,


Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa kple Tabaot. Woƒe dzidzimeviwo nye:


Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye.


Israelvi mamlɛawo, nunɔlawo kple Levitɔwo kaka ɖe Yuda duwo me, ame sia ame nɔ eƒe ƒomenyigba dzi.


Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la


Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.


le esime ame aɖewo tso Yuda kple Benyamin nɔ Yerusalem. Yuda ƒe dzidzimeviwo ƒe kplɔlawoe nye: Ataya, Uzia ƒe vi. Uzia fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Amaria, ame si fofoe nye Sefatia, ame si fofoe nye Mahalalel, ame si nye Perez ƒe dzidzimevi;


ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana. Israel ƒe ame bubu siwo gbɔ le ɣe ma ɣi la ƒe ƒomeawo kple xexlẽme le ale:


Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973).


Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74).


Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa, Tabaot,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite