Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 11:22 - Agbenya La

22 Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Amesi le Lewi-viwo nu le Yerusalem ɖe Mawu ƒe aƒe la ƒe ɖɔwo ŋu la, enye Uzi, Bani vi, amesi nye Xasabya vi, amesi nye Matanya vi, amesi nye Mixa vi tso Asaf vi, siwo nye hadzilawo dome.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 11:22
19 Referans Kwoze  

eye ame siawo hã kpe ɖe wo ŋuti: Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer. Hadziha siawo dzi ha le Yezrahia ƒe kpɔkplɔ te.


Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi,


si ƒe kpeɖeŋutɔwo nye ŋutsu kako alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128). Woƒe amegãe nye Zabdiel, Hagedolim ƒe vi.


Seraya, Hilkia ƒe vi. Hilkia fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub, nunɔlagã.


Woƒe fiae nye Yoel, Zikri ƒe vi, ame si ƒe kpeɖeŋutɔe nye Yuda, Hasenua ƒe vi. Hasenua nye kplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.


Hodia, Bani kple Beninu.


Mika, Rehob, Hasabia,


Yesua, Bani, Serebia, Yamin, Akub, Sabetai, Hodia, Maaseya, Kelita, Azaria, Yozabad, Hanan kple Pelaya, ame siwo nye Levitɔwo la, woxlẽ Se la na ameawo esi wonɔ tsitre ɖe afi ma.


Emegbe la, Levitɔ aɖewo wɔ dɔ le Rehum, Bani ƒe vi, te. Le woawo megbe la, Hasabia, ame si nye Keila nuto la ƒe afã dziɖula la kpɔ gli la ɖoɖo dzi le eya ŋutɔ ƒe nuto me.


Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve.


Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo.


Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene.


Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli.


Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite