Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 2:9 - Agbenya La

9 Miha klosalowo! Mìha sika! Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu, xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tso gbaɖegbe ke Niniwe le abe ta, si tsi yɔ fũ ene; ke woasi, eye ne wobe, „mitɔ, mitɔ“ la, amea ɖeke menye kɔ o.

Gade chapit la Kopi




Nahum 2:9
12 Referans Kwoze  

Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo.


Woaha wò kesinɔnuwo, alɔ wò adzɔnuwo, woamu wò gliwo, woagbã wò xɔ dzeaniwo, eye woalɔ wò kpewo, xɔtutuwo kple gli gbagbãwo akɔ ɖe atsiaƒu me.


Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.


Mi alẽkplɔlawo, mifa avi, mido ɣli, mimli le ke me, mi alẽha ƒe kplɔlawo. Elabena miaƒe ɣeyiɣi de, be woawu mi, miadze anyi agbã gudugudu abe tɔmedeze ene.


O! Dukɔwo, woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu abe ale si woƒoa ŋɔviwo nu ƒue ene, eye amewo adze wo dzi abe ale si ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe dzea nu dzi ene.


Esi ƒe trɔ la, Fia Nebukadnezar yɔe va Babilonia le adame. Wolɔ kesinɔnu geɖewo tso Yerusalem gbedoxɔ la me yi Babilonia eye Fia Nebukadnezer tsɔ Yehoyatsin nɔvi Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.


Baba na wò, o nugblẽla! Wò ame si womegblẽ o. Baba na wò, o ametatrɔla! Wò ame si womede asi o. Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò.


Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo.


eye woado ɣli be, “ ‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe, eye nède sikakɔga si le dzo dam, kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò!


Nu ka kpɔm mele? Dzidzi ƒo wo, wogbugbɔ ɖe megbe, woɖu woƒe kalẽtɔwo dzi. Wosi kple du kple du megbemakpɔmakpɔtɔe eye ŋɔdzi ƒo xlã wo godoo.” Yehowae gblɔe.


Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ene, eye wò amegãwo asɔ gbɔ abe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋu le ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la, woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite