Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 1:15 - Agbenya La

15 Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna kple nya nyui, eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa! O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo. Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o, elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi




Nahum 1:15
21 Referans Kwoze  

Du nyui tsɔlawo ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa, ame siwo hea gbedeasi nyuiwo vɛ. Ame siwo ɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ, eye wogblɔna na Zion be, “Wò Mawu nye fia ɖaa!”


Eye aleke ame aɖe aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu ne womedɔe o? Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Ame siwo ɖea gbeƒã nyanyui la ƒe afɔwo nya kpɔna loo!”


Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ.


gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!


“Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”


“Mlɔeba la, miava nya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, si le Zion, nye To Kɔkɔe la dzi. Yerusalem azu kɔkɔeƒe; ɣeyiɣi li gbɔna esi dutasrafowo magakpɔ mɔ aho aʋa ɖe eŋu o.


Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ. Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta. O! Yerusalem, du kɔkɔe. Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


“ ‘Esiawoe nye Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe ɖoanyiawo, takpekpe kɔkɔe siwo miayɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi.


“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiawoe nye nye ŋkekenyui ɖoɖiwo, Yehowa ƒe ŋkekenyui ɖoɖi siwo miaɖe gbeƒãe abe takpekpe kɔkɔewo ene.


Yehowa de se tso wò Ninive ŋuti be: “Womayɔ wò ŋkɔ ɖe dzidzime aɖeke ŋuti o. Mafli miaƒe aklamakpakpɛwo, eye magbã legba siwo mieli ɖe miaƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me. Maɖe yɔdo na mi, elabena mieganyo na naneke o.”


Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be, ‘Kpɔ ɖa, wole afii!’ Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem.


Gbegbe kple du siwo le afi ma nekɔ woƒe gbe dzi. Kedar ƒe kɔƒewo me nɔlawo netso aseye. Ame siwo le Sela la nedzi ha kple dzidzɔ. Wonedo ɣli tso towo tame.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite