Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 1:12 - Agbenya La

12 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Togbɔ be wosɔ gbɔ, eye kpeɖeŋutɔwo le wo si hã la, wo katã woatsrɔ̃, eye wo nu ava ayi. O Yuda, togbɔ be mede abi ŋuwò hã la, nyemagade abi ŋuwò azɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ale Yehowa ghlɔ esi; Ne ŋusẽ le wo ŋu, eye wosɔ ghɔ kpaŋ hã la, woasẽ wo ɖa, eye wo nu ayi; mehɔhɔ wo ɖe anyi, ke nyemagabɔbɔ wo ɖe anyi azɔ o.

Gade chapit la Kopi




Nahum 1:12
20 Referans Kwoze  

Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.


‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o. Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o.’ Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o,


Kpɔ ɖa, dɔlawo tso towo dzi gbɔna kple nya nyui, eye wole gbeƒã ɖem ŋutifafa! O Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, eye nàxe wò adzɔgbeɖefewo. Ame vɔ̃ɖiwo magava aha wò azɔ o, elabena woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ.


Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ.


Ale wò Aƒetɔ, Yehowa gblɔe nye esi, wò Mawu si ʋli eƒe dukɔ ta la be, “Kpɔ ɖa, mexɔ kplu si na nèle mumum sɔgɔsɔgɔ la le asiwò. Màgano nye dɔmedzoe ƒe nu muame la le kplu sia me azɔ gbeɖe o.


Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.


“Asiria atsi yi si menye amegbetɔ tɔ o la nu; yi si menye kodzogbeawo tɔ o lae atsrɔ̃ wo. Woasi le yi nu, ke woalé woƒe ɖekakpuiwo woawɔ dɔ dzizizitɔe.


O! Mi Zion nɔlawo, ame siwo le Yerusalem, miagafa avi azɔ o. Ave mia nu ne miefa avi be wòakpe ɖe mia ŋu. Ne enya see ko la, aɖo to mi.


Ŋɔdzi nɔa anyi le fiẽ me, gake wobuna ne ŋu ke. Esia nye ame siwo daa adzo mí la ƒe gome kple mía halawo ƒe dzidzenu.


asi ato Yuda, atsyɔ edzi agbagba, eye wòaɖɔ́ va se ɖe eƒe ve ke. Eƒe aʋala akeke atsyɔ miaƒe anyigba ƒe kekeme, O! Mawu li kpli mi!”


Gbe ma gbe la, Aƒetɔ la atsɔ lãnu si wòɣe le tɔ la godo, Asiria fia, be wòalũ ta na mi, alũ ɖa siwo le miaƒe afɔwo ŋu, eye wòalũ ge hã na mi.


Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.


Emegbe Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa ame kukuwo sɔŋ koe wokpɔ.


“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.


Eya ta Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, adɔ dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ɖa wòava atsrɔ̃ wò aʋakɔwo katã, eye dzo abi le eƒe amegãwo dome abe ale si dzo binae ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite