Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 1:10 - Agbenya La

10 Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena ne woɖo wo nɔewo me nyamanyama abe aŋɔka ene, eye woƒo tsi abe woƒe nunonowo ene la, woabi keŋkeŋ abe gbe ƒuƒu ene.

Gade chapit la Kopi




Nahum 1:10
19 Referans Kwoze  

Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ. Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ. Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe. Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Kpɔ ɖa! Minɔ ŋudzɔ, ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la gbɔna, ele bibim abe kpodzo ene. Dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo abi abe be ene eye abe ati ene la, woabi kple woƒe alɔwo kple kewo siaa.


Wò hã àmu aha, asi abe, eye àdi sitsoƒe le futɔwo ta.


Vavã ŋutasesẽ le bibim abe dzo ene. Efia ŋuwo kple aŋɔkawo, eye wòtɔ dzo avekɔewo kple avedodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.


Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee, eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la, nenema kee woƒe kewo anyunyɔ, eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu,


Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe.


Nyemedo dziku o. Ɖe wònye ŋu kple aŋɔkawoe mie nam la, anye ne meho aʋa ɖe wo ŋuti, atɔ dzo wo katã.


Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.


Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”


Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke.


Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, gake wo nu va yi kaba abe ŋuvedzo ene; ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkɔ mee metsrɔ̃ wo le.


Vavãe wole abe atitakpo ƒuƒu ene. Dzo afia wo katã. Womate ŋu aɖe wo ɖokui gɔ̃ hã tso dzo ƒe aɖewo me o. Afi sia dzoka xɔxɔwo meli ame aɖeke naƒu o. Afi sia womedo dzo ɖi, ame aɖeke naƒu o.


Ɖe sia ɖe doa ɣli be, “Miva, mina ne maku wain vɛ! Miva ne miano aha muame wòasu mi! Etsɔ hã nanɔ abe egbe ene alo nanyo sãa wu gɔ̃ hã.”


Ale Israelviwo kaka ɖe Egiptenyigba la katã dzi henɔ gbe ƒuƒu dim.


“Le wò fianyenye ƒe gãnyenye me, ètsɔ ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la ƒu anyi. Èɖe asi le wò dziku bibi la ŋu, eye wòfia wo abe gbe ƒuƒu ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite