Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nahum 1:1 - Agbenya La

1 Esiae nye nyagblɔɖi si Mawu ɖe fia Nyagblɔɖila Nahum, Elkositɔ, le ŋutega me tso nu si ava dzɔ ɖe Ninive dzi la ŋu, eye wòŋlɔe ɖe agbalẽ sia me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nya ɖe Niniwe ŋu: Naxum, Elkositɔ ƒe nyagblɔɖigbalẽ enye si.

Gade chapit la Kopi




Nahum 1:1
19 Referans Kwoze  

Nenema kee nye anyiehetɔwo hã; atsrɔ̃ Asiria kple eƒe toxɔdu Ninive xɔŋkɔ la gbidigbidi, eye wòanɔ abe dzogbe ene.


Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu, eye ava Damasko hã dzi, elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu.


“Yi ɖe Ninive, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, elabena woƒe ŋutasẽse va ɖo gbɔnye.”


Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.


Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti.


Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu. Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe, anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom tuna toa anyigbemenyigba dzi ene.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu: woatsrɔ̃ Ar le Moab, woagbãe le zã! Woatsrɔ̃ Kir le Moab, woagbã wo le zã!


Mexɔ nyagblɔɖi sia le ƒe si me fia Ahaz ku.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu. Nu kae ɖe mi ɖe nu hafi mi katã miede xɔwo tame?


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.


Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma.


Esiae nye gbedeasi si va na Nyagblɔɖila Habakuk.


Esia nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ na Israel dukɔa to Nyagblɔɖila Malaki dzi. Wolɔ̃ Yakob, eye wolé fu Esau.


“Baba na Asiria, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti; ame si ƒe asi me metsɔ nye dɔmedzoe ƒe asi dee.


Tsã la, nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na nye kple wò la gblɔ aʋawɔwɔ, gbegblẽ kple dɔvɔ̃ ƒe nyawo ɖi ɖe dukɔ geɖewo kple fiaɖuƒe geɖewo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite