Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:7 - Agbenya La

7 Ke nye la, mele ŋudzɔ le mɔ kpɔm na Yehowa. Mele lalam na Mawu, nye Ɖela. Ɛ̃, nye Mawu aɖo tom hã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:7
33 Referans Kwoze  

Zi kpoo le Yehowa ŋkume, eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me. Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo, eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la, mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o.


“Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe, mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o.


Gbe ma gbe la, woagblɔ be, “Esiae nye míaƒe Mawu vavã la. Míeɖo ŋu ɖe eŋu, eye wòɖe mí. Eyae nye Yehowa si ŋu míeɖo ŋu ɖo. Mina míatso aseye, akpɔ dzidzɔ le eƒe ɖeɖe la ta.”


kplɔm le wò nyateƒe la me, eye nàfia num, elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela, eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã.


Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm, nye luʋɔ le lalam, eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.


Wotsɔ fɔbubu nam ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe, ke nye la, ame si doa gbe ɖa vevie lae menye.


Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname


O! Wò ame si sea gbedodoɖa, gbɔwòe amewo katã ava.


Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.


O! Yehowa, mele asiwò nu kpɔm, O! Aƒetɔ, nye Mawu, atɔ nam godoo.


Makpɔ mɔ na Yehowa ame si le eƒe mo ɣlam ɖe Yakob ƒe aƒe la; maɖo dzi ɖe eŋu.


Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


Ɣe ma ɣi la, amegbetɔ atrɔ ɖe eƒe Wɔla ŋu, eye eƒe ŋkuwo anɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la dzi.


Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia.


eya ta mitrɔ gbɔ va miaƒe Mawu la gbɔ. Minɔ agbe le nyateƒetoto kple lɔlɔ̃ me, eye miɖo ŋu ɖe miaƒe Mawu la ŋu be wòawɔ nu geɖe na mi.


Yehowa, xɔ na mí! Elabena dzo bi gbe damawo, eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi.


Manɔ nye gbetakpɔƒe tame, eye matsi tsitre ɖe nye xɔta; mada ŋku ɖi akpɔ nu si wòagblɔ atsɔ aɖo nye biabia ŋui.


Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye wòdza la, woatso afia nɛ, eye wòagate ŋu adzi vi.


Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa? Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?


Megblɔ na ɖokuinye be, “Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta manɔ esinu kpɔm.”


Elabena azãgbe li na ɖeɖefia la elabena eƒo nu tso nuwuwu si le vava ge la ŋuti eye mada le edzi o; ke ne ehe ɖe megbe hã la, lalae elabena ava eme godoo, mada le edzi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite