Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:5 - Agbenya La

5 Mègaxɔ wò aƒelika dzi se o. Mègaɖo dzi ɖe xɔ̃wò ŋu o. Nya ale si nàƒo nu le nyɔnu si le akɔwò nu la gɔ̃ hã gbɔ

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Migaxɔ miaƒe zɔhɛ ɖzl se o, eye migaɖo dzi ɖe mia xɔlɔ̃ kutsimea ŋu o; kpɔ wò aɖe dzi le nyɔnu, si le akɔwònu la ghɔ.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:5
11 Referans Kwoze  

Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu. Megaka ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi o, elabena nɔvi ɖe sia ɖe nye ameblela eye xɔlɔ̃ ɖe sia ɖe nye ameŋugblẽla.


“Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrawo dome. Midze aye abe dawo ene, eye midza abe akpakpawo ene.


Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.


O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu.


“Ele avi fam hehehe le zã me eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo.


Nyɔnu la fa avi le azãɖuɖu ƒe ŋkeke adreawo katã me. Ale le ŋkeke adrea gbe la, egblɔe nɛ mlɔeba elabena nyɔnu la nɔ fu ɖem nɛ akpa. Ale nyɔnu la yi ɖagblɔ adzo la ƒe gɔmeɖeɖe na wo detɔwo.


Mele abe ame si mesea nu o la ene kple ame si mate ŋu atsɔ eƒe nu aɖo nya aɖeke ŋu o la ene.


Yehowa be, “Wovua woƒe aɖewo abe dati ene ne woada alakpaŋutrɔ. Menye nyateƒee wotsɔ le dzi ɖum le anyigba la dzi o. Wotsoa nu vɔ̃ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ eye womenyam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite