Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:4 - Agbenya La

4 Ame nyuitɔ si nàkpɔ le wo dome la le ko abe ŋu si tɔa ame ene eye woƒe nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu ŋukpɔtɔtɔ. Ke miaƒe gbetakpɔlawo ƒe ŋkeke la ɖo vɔ. Gbe si gbe Mawu ava asrã mi kpɔ la tu aƒe. Azɔ ɣeyiɣi si tɔtɔ aɖo wo dome la ɖo vɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ame nyuitɔ le wo dome le abe ŋu ene, eye nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu aŋɔka. Le wò gbetakpɔlawo ƒe ŋkekea dzi la tohehe ava na wò; azɔ tɔtɔ aɖo wo dome.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:4
16 Referans Kwoze  

elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ɖo ŋkeke ɖi na ʋunyaʋunya, nuwo fanyafanya kple ŋɔdzi le ŋutega balime la, ŋkeke si dzi woamu gliwo aƒu anyi, eye ɣli aɖi le towo tame.


Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.


Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?


Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o, eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.


“Azɔ la, dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me, eye woatɔtɔ, elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe, eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe.


Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.


Ebiam be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu nɛ be, “Kusi si yɔ kple atikutsetse ɖiɖiwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Israel ƒe ɣeyiɣi de, eya ta nyemagahe woƒe tohehe ɖe megbe azɔ o.”


Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.


Ɖe woƒe ŋunyɔnu siwo wɔm wole la le ŋu kpem na woa? Ao, ŋukpe ɖeka pɛ hã mele mo na wo o eye womenya ale si woƒe mo natsi dãae gɔ̃ hã o. Eya ta woatsi aʋatsilawo dome. Ne mele to hem na wo la, woaƒo wo aƒu anyi.” Yehowae gblɔe.


Le ŋuve teƒe la logotiwo amie na mi, eye le aŋɔkawo teƒe la gbotiwo amie na mi. Esia tso Yehowa gbɔ be, wòanye dzesi mavɔ si womagblẽ akpɔ gbeɖe o.”


Ame aɖeke masusɔ o, elabena mahe dzɔgbevɔ̃e gã aɖe ada ɖe Anatɔt ŋutsuwo dzi le ƒe si meɖo be mahe to na wo la me.’ ”


Asrafo siwo wotsɔ aʋae la le abe nyivi damiwo ene. Woawo hã atrɔ megbe asi adzo, womate ŋu anɔ te o, elabena woƒe gbegblẽ gbɔna eye woƒe tohegbe va ɖo.


“ ‘Eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi aƒo xlã Israelviwo, ame siwo ƒe aɖewo nye ŋu tɔame kple aŋɔka wɔnuveviame o. Ekema woanya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite