Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:11 - Agbenya La

11 Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ŋkeke la ghɔna, be woaɖo wò gliwo, eye wò liƒowo ate ayi adzɔge ʋĩ gbemagbe.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:11
12 Referans Kwoze  

Kpe ɖe esia ŋu la, nàŋlɔ agbalẽ na Asaf, ame si kpɔa fia la ƒe ave dzi, eye nàna wòana atim hena daɖedziwo kple agbowo na mɔ si le gbedoxɔ la gbɔ, hena dua ƒe gliwo kple xɔ aɖe tutu na ɖokuinye.” Esi wònye be, nye Mawu ƒe amenuveve ƒe asi nɔ dzinye ta la, fia la lɔ̃ ɖe nye biabiawo dzi.


“O! Wò du si kpe hiã, ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o. Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe, eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.


Mlɔeba la, míewu gli la nu ƒo xlã du blibo la wòkɔ abe tsãtɔ ƒe kɔkɔme ƒe afã ene, elabena dɔa wɔlawo wɔ dɔ sesĩe kple moveviɖoɖo.


Tobia, Amonitɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ, eye eya hã gblɔ fewuɖutɔe be, “Ne abei aɖe gɔ̃ hã zɔ woƒe gli dzi la, gli la amu gbloo!”


Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!”


“Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi.


Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi, he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi; he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi, mègatoe ɖe eme o. Didi wò agbadɔkawo ɖe enu, eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe,


Wò amewo agbugbɔ blemaƒedowo atu, eye woaɖo gli ɖe gbe aɖe gbe tɔwo ƒe gɔmeɖokpe xoxowo dzi. Woayɔ wò be ‘Gli gbagbãwo ɖɔɖola kple mɔtata siwo to duwo me la dzraɖola.’


Woagbugbɔ blema ƒe aƒedowo atso, eye teƒe siwo zu glikpowo hena ɣeyiɣi didi aɖe la afɔ ɖe te. Woagbugbɔ du gbagbã siwo zu gbegbe hena dzidzime geɖewo la atso.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite