Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 7:1 - Agbenya La

1 Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.

Gade chapit la Kopi




Mika 7:1
14 Referans Kwoze  

“Esi medo go Israel la, enɔ nam abe waintsetse le gbegbe ene; esi medo go wo fofowo la, enɔ nam abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Ke esi wova Baal Peor gbɔ la, wotsɔ wo ɖokuiwo na ŋukpenalegba la eye woɖi gbɔ̃ abe legba si ŋu woku ɖo la ene.


Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ na balime nyonuku la anɔ abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ na mamlɛawo la ene; esi ame aɖe kpɔe la, egbee kaba heɖu.


Alea wòanɔ le anyigba la dzi kple dukɔwo dome. Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene.


Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ, eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene. Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.


Ègblɔ be, ‘Baba nam! Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu. Ŋeŋe manyagblɔ na nu ti kɔ nam belebele eye nyemekpɔ dziɖeɖi aɖeke o.’ ”


Danye, baba be nèdzim. Nye ame si anyigba blibo la le avu wɔm, le nya hem kplii! Nyemedo nugbana na ame aɖeke o, eye ame aɖeke hã medo nugbana nam o, gake ame sia ame le fi ƒom le deyem.


Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene. Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnu si le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene. Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔ eƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be, “Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm; wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”


Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke, miese ha ƒe ɖiɖi be, “Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.” Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam. Wodem asi! Ametatrɔlawo dem asi!”


Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”


Baba nam be mele Mesek, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me!


Gbotsetse nyuiwo le kusi ɖeka me, eye woɖi nyuie abe esiwo ɖina kaba la ene. Ke gbotsetse siwo le kusi evelia me la menyo kura o, wogblẽ ale gbegbe be womenyo woaɖu o.


kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o.


Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla?


“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo, mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi. Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite