Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 6:2 - Agbenya La

2 “Azɔ la, mi towo, miɖo to miase nya siwo Yehowa tsɔ ɖe mia ŋuti. Miɖo to, mi anyigba ƒe agunu mavɔwo, elabena Yehowa tsɔ nya ɖe eƒe dukɔ ŋuti eye wòtsɔ nya ɖe Israel ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mi towo kple anyigba ƒe agunu sesẽwo, mise Yehowa ƒe dzrenya! Elabena dzre le Yehowa kple eƒe ɖukɔ la dome, eye wòle ʋɔnu yi ge kple Israel.

Gade chapit la Kopi




Mika 6:2
19 Referans Kwoze  

Yehowa tsɔ nya ɖe Yuda hã ŋuti. Woahe to na Yakob hã le eƒe mɔ vɔ̃wo ta, eye woaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


O Israelviwo, mise Yehowa ƒe nyawo. Yehowa saba mi, eye nya siwo wòtsɔ ɖe mia ŋuti la woe nye esiawo: Nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu megale anyigba blibo la dzi o.


“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.


Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi, eya ta maʋã akpɔ gbeɖe o.


Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.


Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne woate ŋu adzidze dziƒo eye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la, eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔ le nu siwo katã wowɔ la ta.” Yehowae gblɔe.


Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena Yehowa atsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va amewo katã dzi eye wòatsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.” Yehowae gblɔe.


Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu, eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti.


Ɖo ŋku tsãnuwo dzi nam. Na míahe nya sia kple mía nɔewo. Gblɔ ale si wò nya dzɔe.


“Azɔ, Yerusalem ŋutsuwo kple Yuda ŋutsuwo, miese ale si nya la katã va yii, eya ta midrɔ̃ ʋɔnu le nye kple nye waingble la dome.


esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo.


Tete anyigba dzo nyanyanya eye wòʋuʋu; dziƒo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye eye wodzo kpekpekpe elabena dzi kui.


ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ.


Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu. Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.


Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ: “Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.


Le dɔ me la, elé nɔvia ƒe afɔkpodzi, eye esi wòtsi zu ŋutsu la, ete kame kple Mawu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite