Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 4:6 - Agbenya La

6 Yehowa be, “Le ŋkeke ma dzi la, maƒo tekunɔwo, aboyomewo kple ame siwo ƒe dzi megbã la nu ƒu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la maƒo abutɔlawo nu ƒu, eye makplɔ amesiwo kaka hlẽ, kple amesiwo dzi mehe gbegblẽ vɛ la, ɖe du.

Gade chapit la Kopi




Mika 4:6
16 Referans Kwoze  

Le ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã te mi ɖe anyi la, makpe ɖe ataŋeŋetɔwo ŋu, eye maƒo ame siwo ka hlẽ la nu ƒu. Matsɔ kafukafu kple bubu ana wo le anyigba ɖe sia ɖe si dzi wodo ŋukpe wo le.


Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.


Aƒetɔ Yehowa, ame si ƒo Israel ƒe amewo nu ƒu la be, “Magaƒo ame bubuwo nu ƒu, akpe ɖe ame siwo ƒo ƒu xoxo la ŋu.”


Yehowa gbugbɔ tso Yerusalem du la, eye wòkplɔ Israel ƒe aboyomewo gbɔe.


Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.”


“O Yakob, magaƒo mia nu ƒu. Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo. Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.


“Elabena maɖe mi le dukɔawo dome, maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛ eye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome; ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ.


Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”


Esusɔ vie ko madze anyi, eye nye vevesese la le edzi ɖaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite