Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 4:5 - Agbenya La

5 Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena ne ɖukɔ-wo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.

Gade chapit la Kopi




Mika 4:5
19 Referans Kwoze  

Mado ŋusẽ wo le Yehowa me, eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.” Yehowae gblɔe.


Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


O! Yakob ƒe aƒe, na miazɔ le Yehowa ƒe kekeli me.


elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu.


Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me.


Ɛ̃, Yehowa, míele zɔzɔm le wò se la nu hele lalawòm; wò ŋkɔ kple wò gãnyenye nye míaƒe dziwo ƒe didi.


Nu sia gale edzi yim le wo dome kokoko va se ɖe egbe. Wogale woƒe mawusubɔsubɔ ƒe wɔna tsãtɔwo wɔm le esime woasubɔ Yehowa nyateƒetɔe alo awɔ se siwo Yehowa na Yakob, ame si ŋkɔ wòtrɔ zu Israel dzi la teƒe.


Ke hã la, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo le du siwo me wole. Wosubɔa mawu siawo le nuxeƒe siwo Samariatɔwo wɔ da ɖi.


Esi Abram xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ la, Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be, “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Ɖo tom, eye nànɔ agbe abe ale si dze ene.


Mava aɖe gbeƒã wò nu dzɔatsuwo, O Aƒetɔ Yehowa. Maɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye, wò ɖeka tɔ ko.


Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu.


O! Yehowa, míaƒe Mawu, aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpe ɖe ŋuwò, ke wò ɖeka ko ƒe ŋkɔ ŋutie míede bubue.


eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.”


Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina, etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee.


Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite