Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 3:8 - Agbenya La

8 Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke nye la, ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ, dzɔdzɔenyenye kple dzideƒo yɔm fũ, ne magblɔ Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe nuvɔ̃wo nɛ.

Gade chapit la Kopi




Mika 3:8
28 Referans Kwoze  

“Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o. Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene. Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.


Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o.


“Ame vi, ƒo nu tso gbedoxɔ la ŋu na Israelviwo, ale be woƒe nu vɔ̃wo nakpe ŋu na wo. Na woabu ɖoɖo la ŋu,


“Ame vi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo fiae.


elabena nya le asinye fũu, eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim.


elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.


“Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume,


“Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Ekema tsɔ wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwɔnawo ɖo woƒe ŋkume,


Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye


Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o.


Kpɔ ɖa, egbe mewɔ wò nènye du si woɖo gli sesẽwo ƒo xlãe. Mewɔ wò gasɔti kple akɔbliglii, be nàtsi tsitre ɖe anyigba blibo la ŋuti, ɖe Yuda fiawo, woƒe dumegãwo, nunɔlawo kple anyigbadzinɔlawo katã ŋuti.


Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la yɔm fũu eye nyemate ŋu atu nu ɖe enu o. “Trɔe kɔ ɖe ɖevi siwo le mɔtata dzi kple ɖekakpui siwo ƒo ta kpli la dzi, akɔ ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa dzi. Nenema kee wòanɔ na ametsitsi siwo do dɔgɔ̃e le ƒe geɖe xɔxɔ ta.


Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”);


Aƒetɔ Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be magblɔ nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be mayɔ dɔ ame siwo ƒe dzi gbã. Maɖe gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo, eye woaɖe ga gamenɔlawo tso viviti me;


ne maɖe gbeƒã. Yehowa ƒe dɔmenyo ƒe ƒe la kple míaƒe Mawu la ƒe hlɔ̃biaŋkeke, eye mafa akɔ na konyifalawo.


Wò nyagblɔɖilawo ƒe ɖeɖefiawo nye alakpa kple yakanyawo, womeɖe wò nu vɔ̃wo fia wò, be womagaɖo wò ɖe aboyo me o. Ke gbedeasi si wona mi la nye aʋatso eye wòkplɔ mi trae.


Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ɖe nàdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba mahã? Ekema tsɔ woƒe ŋukpenanuwɔwɔwo ɖo woƒe ŋkume,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite