Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 3:3 - Agbenya La

3 Mieɖu nye amewo katã ƒe lã, vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo eye miefli wo abe ale si woflia adelã dea zee ene.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mi amesiwo ɖua nye ɖukɔ ƒe lã, miefloa agbalẽ lewo ŋu, eye miegbãa woƒe ƒuwo; mieflia wo dea ze abe lã ene, eye abe lã le kutu me ene.

Gade chapit la Kopi




Mika 3:3
11 Referans Kwoze  

Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?


Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la.


Eƒe kplɔlawo le abe dzata dɔwui si le gbe tem la ene. Woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le abe amegaxi si lé nu le zã me, eye wòɖui vɔ keŋ hafi ŋu ke la ene.


Ne ame vɔ̃ɖiwo lũ ɖe dzinye be woavuvum, ne nye futɔwo kple nye ketɔwo lũ ɖe dzinye la, woakli nu adze anyi.


Yehowa bu fɔ eƒe amewo, eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be, “Miawoe tsrɔ̃ nye waingble. Mieli kɔ nu siwo mieha le ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me.


Tsɔ lã la de ze la me. Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo, lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti. Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo.


Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe woƒe futɔ ene. Mieɖe awu xɔasiwo le ame siwo va le eme tsom le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene.


ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene, ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome.


Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo, eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Misee ɖa, mi ame siwo baa ame dahewo, heɖoa afɔ hiãtɔwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite