Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mika 1:4 - Agbenya La

4 Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te, eye balimewo ma le eŋgɔ abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene; abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Towo alólo le ete abe anyĩgba le dzo nu ene, eye gbadzaƒewo aɖe dzoglo, abe alesi tsi sina tsoa aganu wònɔna ene.

Gade chapit la Kopi




Mika 1:4
12 Referans Kwoze  

Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume.


Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃, le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.


Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese. Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe eye woƒe tsotsoewo de dzi.


Etɔ eye wòʋuʋu anyigba; ekpɔ nu eye dukɔwo ʋuʋu. Blematowo kaka eye gbe aɖe gbe togbɛwo ŋe dze eme. Eƒe mɔwo li tegbee.


Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ, eye edzinɔlawo katã fa konyi, ame si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene, eye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene.


Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir Heto Edom ƒe anyigba dzi la, anyigba dzo nyanyanya, dziƒo nu ʋu eye tsi dza.


Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.


Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe.


Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.


Hoowɔwɔ ɖo dukɔwo me, fiaɖuƒewo mu; ekɔ eƒe gbe dzi, tete anyigba lolo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite