Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:30 - Agbenya La

30 Enumake woƒe ŋkuwo ʋu, eye wode asi nukpɔkpɔ me nyuie. Yesu de se na wo vevie bena, womegagblɔ nu si yewɔ na wo la na ame aɖeke o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eye woƒe ŋkuwo ʋu. Eye Yesu gbe nya na wo vevie gblɔ bena: Kpɔ ɖa, migana amea ɖeke nanyae o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:30
13 Referans Kwoze  

Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”


Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”


Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.


Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.


Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.


Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye la o.


Kpɔɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me. Woadoe ɖe dzi. Axɔ ŋkɔ, eye woade bubu gã aɖe eŋu.


be nàʋu ŋku na ŋkugbagbãtɔwo, be nàɖe ga gamenɔlawo, eye nàɖe ame siwo nɔ do globo me la tso viviti me.


Ekema ŋkugbagbãtɔwo ƒe ŋkuwo aʋu, eye tokunɔwo ƒe towo aʋu.


Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Yesu dɔe enumake kple sedede vevi sia be,


gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite