Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:25 - Agbenya La

25 Wonya ameha la do goe mlɔeba. Yesu yi afi si wokɔ ɖevi la mlɔe la, eye wòlé eƒe alɔnu. Nyɔnuvi la nyɔ enumake; eti kpo ɖi le aba la dzi, eye eƒe lãme sẽ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye esi wonyã ameha la do go la, eyi ɖe eme, eye wòlé eƒe asi, eye nyɔnuvi la to ɖe tsi tre.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:25
7 Referans Kwoze  

Ke Yesu lé eƒe alɔnu, na wòtsi tsitre, eye nukutɔe la, eƒe lãme sẽ.


Azɔ Yesu zɔ ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, “Vinye tsi tsitre.”


Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”).


Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.


Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite