Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 9:12 - Agbenya La

12 Yesu se nya la, eye wòɖo eŋu na wo gblɔ be, “Ame siwo mele dɔ lém o la mehiã atikewɔla o, ke boŋ ame siwo le dɔ lém lae hiãe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Esi Yesu see la, egblɔ na wo bena: Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, negbe dɔlélawo ko.

Gade chapit la Kopi




Mateo 9:12
17 Referans Kwoze  

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe.


Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.


Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”


“ ‘Gake kpɔ ɖa mayɔ dɔ wo eye woahaya. Mayɔ dɔ nye dukɔ eye mana ŋutifafa kple dedinɔnɔ fũu.


Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ. Ɖem ekema makpɔ ɖeɖe elabena wòe mekafuna.


Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòbla woƒe abiwo na wo.


“Ekema mada gbe le woƒe mɔtatra ŋu, eye magalɔ̃ wo kple dzi faa, elabena nye dɔmedzoe nu afa keŋ.


Ke mana nàhaya, eye mana wò abiawo naku, elabena woyɔ wò be saɖagatɔ, Zion si ame aɖeke mebiaa eta sena o.’ ” Yehowae gblɔe.


Nyɔnu aɖe nɔ afi ma, ame si le ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu yɔ dɔe o.


Megblɔ be, “O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, yɔ dɔm, elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.”


Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.


Ɖe dɔyɔmi mele Gilead oa? Gbedala aɖeke mele afi ma oa? Ke nu ka ta nye dukɔ ƒe abi mele kukum o?


Luka, Atikewɔla lɔlɔ̃ la kple Dema hã do gbe na mi nyuie.


Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu la.]


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite