Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 8:17 - Agbenya La

17 Esia wu Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 bena woawu nya, si wogblɔ ɖi to Yesaya, nyagblɔɖila dzi la nu bena: „Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple dɔlélewo ɖo eɖokui dzi.“

Gade chapit la Kopi




Mateo 8:17
9 Referans Kwoze  

Ke le nyateƒe me la, eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòde ta míaƒe vevesesewo te, gake míebui abe ame si Mawu ƒo, eye wòtsɔ fukpekpewo da ɖe edzi la ene.


Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.


Esiawo katã va eme be, woawu Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi to Nyagblɔɖila dzi la nu be,


eye wòyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖilawo dzi la nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”


eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herod ku. Ale wowu nya si Aƒetɔ la gblɔ ɖi to nyagblɔɖila dzi la nu be, “Egipte meyɔ vinye la tsoe.”


Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu.


Le ɣetrɔ miaa la, kɔƒea me tɔwo katã kplɔ ame siwo katã nɔ dɔ vovovowo lém le woƒe aƒewo me la vɛ na Yesu, eye wòda asi ɖe wo katã dzi heyɔ dɔ wo.


Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome, eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me, elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye zi ale si megbɔdzɔ la, zi nenema ke mesẽa ŋue.


Abraham tsɔ vɔsanake la ɖo ta na Isak, eye eya ŋutɔ tsɔ hɛ la kple dzosinu ɖe asi. Ale wo ame eveawo dze mɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite