Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 8:1 - Agbenya La

1 Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye esi wòɖi tso toa dzi la, ameha geɖewo kplɔe ɖo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 8:1
12 Referans Kwoze  

Esi Yesu kpɔ be ameha geɖewo nɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.


Ameha gã aɖe ŋutɔ dze eyome, eye afi sia afi si wòto ko la, wonɔ eyome kplikplikpli. Ame siawo tso Galilea nuto me, Yerusalem, Dekapoli kple Yudea godoo, ɖewo gɔ̃ hã tso keke Yɔdan tɔsisi la ƒe go evelia dzi ke.


Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo, eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya, eye wòada gbe hã le yewo ŋu.


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea.


Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.


Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, eye wòda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu.


Ameha gã aɖe nye zi ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo la vɛ nɛ, eye wòyɔ dɔ wo katã.


Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ, eya ta edzo le ƒuƒoƒe la, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo, eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã nɔ wo dome la ŋu.


elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.


Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽe va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòde ta agu nɛ hegblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite