Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 7:29 - Agbenya La

29 elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 elabena ele nu fiãm wo abe amesi si ŋusẽ le ene, eye menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 7:29
23 Referans Kwoze  

Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.”


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nufiala ƒe aɖe nam be manya nya si matsɔ ado ŋusẽ ame si gbɔdzɔ lae. Enyɔam ŋdi sia ŋdi. Eʋua nye to be mase nu abe ame si wole nu fiam la ene.


Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.


elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o.


Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,


Ke nye la, mele egblɔm na mi bena, milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta,


Ke nye la mele egblɔm na mi be, nenye be nyɔnu aɖe mewɔ ahasi o, gake srɔ̃a gbee, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ekema ŋutsu lae na wòwɔ ahasi, eye ŋutsu si agaɖe nenem nyɔnu sia hã wɔ ahasi.”


gake nye ya mele egblɔm na mi be, ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnu aɖe, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Mele nu xlɔ̃m mi be, ne miaƒe dzɔdzɔnyenye meƒo Farisitɔwo kple Yudatɔwo ƒe sefialawo tɔ ta sãa o la, miawo hã miate ŋu age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me gbeɖe o!”


Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃.


Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o.


Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, ameha la ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta,


Esi Yesu ɖi tso togbɛ la dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite