20 eya ta woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe.
20 Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si wòe!
Woƒe kutsetse miatsɔ adze si woe. Ɖe woate ŋu agbe waintsetse le aŋɔka dzi alo gbotsetse le ŋuti dzia?
Gamaliel yi edzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o la, nu sia nu awu enu.
“Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena, eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo.
Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me.
Nɔvinyewo, ɖe gboti ate ŋu atse amikutsetsewo alo wainka ate ŋu atse gbowoa? Gbeɖe, dzetsivudo hã mate ŋu adzi tsi vivi o.