Mateo 6:25 - Agbenya La25 “Eya ta mele egblɔm na mi be, migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nu si miaɖu alo miano ŋu o; alo le miaƒe ŋutilã ŋuti, nu si miata ŋu o. Ɖe miaƒe agbe mexɔ asi wu nuɖuɖu, eye miaƒe ŋutilã mexɔ asi wu nudodo oa? Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191325 Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe? Gade chapit la |