Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 6:22 - Agbenya La

22 “Ŋkue nye akaɖi na ame blibo la, eya ta ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ame blibo la ƒe akaɖi enye ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ.

Gade chapit la Kopi




Mateo 6:22
7 Referans Kwoze  

Gake mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be ɖewohĩ la, ame aɖe ava ble mi, eye wòatrɔ miaƒe susu ɖa tso dzimekɔkɔ si mietsɔ na Kristo gbɔ, abe ale si da dzeaye ma ble Eva ene.


Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣe sia ɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣe sia ɣi, ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo le dzimekɔkɔ kple Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me.


Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔ siwo le anyigba dzi, mide bubu wo ŋu le vɔvɔ̃ me. Misubɔ wo le anukware blibo me abe ale si miasubɔ Kristo ene.


Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me,


Baba na ame siwo yɔ vɔ̃ be nyui, eye woyɔ nyui be vɔ̃, ame siwo tsɔ viviti ɖɔli kekeli, eye wotsɔ kekeli ɖɔli viviti. Ame siwo yɔa veve be vivi, eye woyɔa vivi be veve.


Ame aɖeke medraa akaɖi tsɔ dea afianu te o, ke boŋ ɖe akaɖiti dzi, be wòaklẽ na aƒea me nɔla ɖe sia ɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite